1 Timothy 3

Le hamedzikpɔlawo kple subɔlawo ƒe nɔnɔme ŋuti

1Enye nyateƒenya be ne ame aɖe di be yeawɔ hamedzikpɔla ƒe dɔ la, etia dɔ nyuitɔ. 2Azɔ la, ele na hamedzikpɔla be, wòanye mokakamanɔŋutɔ, nyɔnu ɖeka ko srɔ̃, ame si fa tu, ɖokuidziɖula, ame si ŋu bubu le, amedzrowɔla, ame si nya nufiafia 3menye aha tsu nola o, menye ame si wɔa nu gbodogbodo o ke boŋ ewɔa nu le bɔbɔenyenye me, menye dzrewɔla alo galɔ̃la o. 4Ele vevie be woanye ame si kpɔa eƒe aƒe dzi nyuie eye vi ɖotowo le esi. 5Elabena ne ŋutsu aɖe mate ŋu akpɔ eƒe aƒe sue la dzi be woanɔ agbe nyui o la, ale ke wòawɔ akpɔ Mawu ƒe hame dzi?

Nuxɔxlɔ̃ na Timoteo tso aʋatsonufialawo ŋu

6Mele be wòanye ame si ƒe dzimetrɔɣi medidi o, elabena ne menye nenema o la, dada ayɔ eya amea me eye wòadze anyi le ʋɔnudɔdrɔ̃ si va Satana dzi la te. 7Ele na hamedzikpɔla be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui tso hamea godotɔwo hã gbɔ ale be mage adze vlododo kple Satana ƒe mɔ̃ me o.

8Nenema kee wòle na subɔlawo hã be woanye ame siwo ŋu bubu le kple nyateƒetɔwo, menye aha tsu nolawo kple ame siwo tia viɖe ƒoɖiwo yome o.

9Ele na wo be woalé xɔse la ƒe nyateƒe detowo me ɖe asi kple dzitsinya nyui 10Ele be woado wo akpɔ gbã eye ne naneke meku ɖe wo ŋu o la, woaɖe mɔ woawo subɔla ƒe dɔ.

11Ele na wo srɔ̃nyɔnuwo be woanye ame ɖɔŋuɖowo, ke menye aha tsu nolawo kple ameŋunyagblɔlawo o, ke boŋ woawɔ nuteƒe la nu sia nu me. 12Subɔlawo nanye srɔ̃ ɖeka tɔwo eye dzidzɔ kple toɖoɖo nanɔ woƒe aƒewo me. 13Kpeɖeŋutɔ siwo wɔ dɔ nyuie la, woƒe fetu anye be amewo aɖo bubu na wo eye woawo ŋutɔ ƒe dzideƒo kple xɔse le Aƒetɔ la me hã atsi ɖe edzi.

14Togbɔ be mele mɔ kpɔm be mava mia gbɔ kpuie hã la, mele nu siawo ŋlɔm na mi, 15ale be ne nye vava he ɖe megbe hã la miate ŋu anya ame siwo tɔgbi miatia be woanye Mawu gbagbe la ƒe hanunɔlawo, hame si lé Mawu ƒe nyateƒe la me ɖe asi sesĩe.

16Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o. Gake ele bɔbɔe le Kristo ta, ame si va anyigba dzi abe ame ene. Ɖiƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me. Mawudɔlawo subɔe eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome. Amewo xɔe le afi sia afi si wòyi eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo.

Copyright information for EweBEE